Mark 15:33-41

Yesu ƒe ku

(Mateo 27:45-56; Luka 23:44-49; Yohanes 19:28-30)

33Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, zãdokeli do ɖe anyigba blibo la dzi va se ɖe keke ɣetrɔ ga etɔ̃ me.

34Le ɣeyi ɣi sia me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eloi, Eloi, lama sabaktani?” si gɔmee nye, “Nye Mawu, Nye Mawu nu ka tae nègblẽm ɖi?”

35Esi ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma se esia la, wogblɔ be, “Kpɔ ɖa, ele Eliya yɔm.” 36Le esia ta wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖaku wain tsitsi eye wòkɔe ɖe ƒumekutsa me, tɔe ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu na Yesu be wòano hegblɔ kpe ɖe eŋu be, “Miɖe asi le eŋu azɔ ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.”

37Sẽ la, Yesu gado ɣli sesĩe ake eye wòku.

38Le gaƒoƒo sia me tututu la, xɔmetsovɔ si wotsɔ xe kɔkɔe ƒewo ƒe kɔkɔe ƒea ŋkume le gbedoxɔ la me la, mã eme ɖe eve tso dzi va se ɖe anyime ke.

39Esi Roma srafo si nɔ Yesu ŋu dzɔm kpɔ ale si Yesu kui la, egblɔ kple seselelãme geɖe be, “Ame sia la Mawu Vi wònye vavã!”

40Nyɔnu aɖewo hã va teƒea eye wonɔ adzɔge nɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Ame siawo nye Maria Magdalatɔ, Maria si nye Yakobo suetɔ kple Yose dada kpakple Salome. 41Ame siawo kple Galilea nyɔnu bubu siwo nye eyomenɔla siwo subɔnɛ ne eva Galilea la, hã dze eyome va Yerusalem.

Copyright information for EweBEE